Mark 2

1Le ŋkeke ʋe aɖewo megbe esi Yesu gbɔva kapernaum la,ameha siwo le afima la se be egbɔ va aƒeme. Amehagewo va ƒoƒu,esia nabe nɔƒea ɖeke meganɔ aƒea me alo ʋɔtrua nu ha o. 2Yesu nɔ nya la fiam wo.

3Amesiwo va Yesu gbɔ la dome ame eve kɔ lametutudɔlela aɖe vɛ. 4Le ameha ƒe agbɔsɔsɔ ta wo meteŋ kɔ lametututɔ la ɖo egbɔ o. Woyi ɖa ɖemɔ le xɔ la tame le afisi Yesu le tsitre le,eye woɖiɖi aba si dzi lametututɔ la le ɖe anyi.

5Ke esi Yesu kpɔ wo ƒe xɔse la,egblɔ na lametututɔ bena‘’ Vinye wo tsɔ wo nuvɔwo ke wo.‘’ 6Ke agbalefia ɖewo siwo bɔbɔ nɔ anyi le afima la nɔe nya la hem le woƒe dzime.‘’ 7Nukata amesia ƒonu alea? Egblɔ vlodo nya!Amekae atsɔ nuvɔ ake,ne menye Mawu ɖekaoa?‘’

8Enumake Yesu do dzesi le eƒe gbɔgbɔ me nusi bum wole le woɖokui me, eye wogblɔ nawo bena nukata miele nusia bum le miaƒe dzime ale? 9Agblɔ na lametututɔ la be wotsɔ wo nuvɔwo kewo, alo tsɔ wo aba nazɔ, Nya eve siawo dometɔ kae sese wu maha’?

10Bena mianye be nuse le amegbetɔvila si le xexeame be woatsɔ nuvɔ ake,‘’ egblɔ na lametututɔ la be. 11Mele egblɔm naeo bena tsitre natsɔ wo aba nayi aƒeme.‘’ 12Enumake etsitsre eye wotsɔ eƒe aba hedzɔ le wo kata ƒe ŋkume. Nusia wɔ nuku na ameawo kata eye wokafui Mawu gblɔ be, Gbeɖe miekpɔ nusiawo tɔgbe alea kpɔ o.

13Yesu gayi ƒuta,eye ameha gaaɖe va egbɔ eye wofianu wo. 14Esi wodzo le afima va yina la lewi Alfeovi si bɔbɔnɔ afisi wodzoa du ga le, egblɔ ne bena,‘’dze yonye me,‘’ etsitre eye wodze eyome.

15Gbemagbe la, wokpe Yesu kple eƒe nusrɔlawo le nuɖu. 16Esi able fiasco siwo nye farisitɔwo kpɔ Yesu wole nuɖum kple nuvɔwɔlawo kpakple dugadzɔlawo la, wobia nusrɔlawo be, ‘’ nukata wole nuɖu kple dugadzɔlawo kpakple nuvɔwɔlawo maha?‘’

17Ke esi Yesu se nyasiawo la,egblɔ nawo be,‘’Amesiwo le lameseme la mega hia dɔyɔyɔ la o,ke dɔnɔwoe hie.Nyeme va ɖe amedzɔdzoewo ta o,ke boŋ ɖe nuvɔwɔlawo ta.

18Yohanes ƒe nusrɔlawo kple farisitɔwo le nutsim dɔ, ke wo va bia Yesu be‘’ Nukaŋti Yohanes ƒe nusrɔlawo kple farisitɔwo ƒe nusrɔlawo le ŋutsimdɔ? Vɔla wonusrɔlawo metsia nudɔna o?‘’ 19Yesu ɖo enu nawo bena, ɖe ŋugbetɔsrɔ ƒe ame kpekpewo ate ŋu atsi nudɔ le esime ŋugbetɔsrɔ la le wogbɔa? Zi alesi ŋugbetɔsrɔ la ŋutɔ le wogbɔ la woma teŋ atsinu dɔ o.

20Ke ŋkeke li gbɔna,si woa ɖe ŋugbetɔsrɔ la adzo le woagbɔ,ke le ŋkeke mawo dzi la, woa tsinudɔ. 21Amea ɖeke metɔe avɔ yeye ƒe kakɛ tsana ɖe avɔ xoxo nu o. Ne wo woe la,avɔ yeyea avuvu xoxoa ɖe edzi tsɔwu tsa tɔ.

22Amea ɖeke metsɔa aha yeye kɔna ɖe go xoxo me o.Ne amea ɖe wɔ esia la,aha la awo go la eye woa kɔɖi.Vɔla ɖe wotsɔa aha yeye kɔna ɖe go yeye me.‘’

23Le sabbat ƒe ŋkeke dzi la,Yesu to agble aɖe me eye eƒe nusrɔlawo gbe atikutsetsea ɖe hele ɖuɖum. 24Eye farisitɔwo gblɔ bena,‘’ mikpɔ ɖa, nukata wole nusi sela meɖe mɔna be woawɔ le sabbat ŋkeke la dzi wɔm maha?‘’

25Ke egblɔ nawo bena,ɖe miele nusi David wɔ esime dɔwu eya kple eƒe ŋutimewo maha? 26Ale woyi ɖe Mawu ƒe aƒe la me,esi Abiata nye nunɔlaga eye wo ma abolo le eƒe ŋku me, siwo meɖe mɔna amea ɖeke be woaɖui o, negbe nunɔla ko eye wotsɔ ɖena amesiwo li kpli.

27Yesu gblɔ bena sabbat la li na amewo,menye amewo li na sabbat o. Ke amegbetɔvila nye Mawu eye ganye sabbat la

28

Copyright information for EweULB